2 Corinthians 4

Kesinɔnuwo le anyigoewo me

1Mawu ŋutɔ ƒe nublanuikpɔkpɔ mee wòtso be wòtsɔ dɔ sia de asi na mí be míaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ kple agbe yeye nɔnɔ na ame sia ame. Eya tae ɖeɖi metea mía ŋu le ewɔwɔ me o. 2Míeblua afɔ na Mawu ƒe nya la o, ke boŋ ale si ame geɖewo nyae ene la, míetsia tsitre ɖe Mawu ƒe ŋusẽ me eye míegblɔa nyateƒenya vavãtɔ la na ame sia ame. Le Kristo me la, míeɖe vivitimenuwɔnawo kple ŋukpenanuwɔwɔwo katã ɖa eye míegbe nu le alakpadada gbɔ helé nyateƒe la ko me ɖe asi.

3Eya ta ne Kristo ƒe nyanyui si míele gbeƒã ɖem la gɔmesese sesẽ na ame aɖewo la, ekema ame siwo dze tsɔtsrɔ̃mɔ dzi la koe wòanɔ na nenema. 4Satana ame si le dzi ɖum le xexe vɔ̃ɖi sia me fifia lae gbã dzimaxɔsetɔwo ƒe ŋkuwo eye wòtsyɔ nu woƒe susuwo dzi. Ewɔ esia be womagakpɔ kekeli si tso nyanyui la me le keklẽm ɖe wo dzi la eye woase nu si gblɔm míele tso Kristo si nye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la gɔme o. 5Menye mía ŋutɔ ɖokuiwo ŋutie míele gbeƒã ɖem le na mi o, ke boŋ Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutie, eye eya koe dze be míasubɔ. Nya siwo ko míegblɔna tsoa mía ɖokuiwo ŋuti na mi koe nye be Kristo ƒe amedɔdɔwoe míenye ɖe nu gã siwo wòwɔ na mí la ta. 6Mawu ame si gblɔ be: “Kekeli neklẽ ɖe viviti me la,” kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me. 7Ke kesinɔnu sia le míasi le anyigoewo me, be wòaɖee fia be ŋusẽ triakɔ sia metso míagbɔ o, ke boŋ Mawu gbɔe wòtso.

8Womimi mí ɖo le go sia go me, gake womegbã mí o, míetɔtɔ gake dzi meɖe le míaƒo o, 9woti mía yome gake womegblẽ mí ɖi o, woƒo mí ƒu anyi, gake wometsrɔ̃ mí o. 10Yesu ƒe ku le míaƒe ŋutilã me míele yiyimee gbe sia gbe, be woaɖe Yesu ƒe agbe hã ɖe go le míaƒe ŋutilã me.

11Elabena wotsɔ mí ame siwo le agbe la de asi na ku gbe sia gbe le Yesu ta, be woaɖe eƒe agbe ɖe go le míaƒe ŋutilã si le kuku ge la me. 12Eya ta, ku le dɔ wɔm le mía me, gake agbe le dɔ wɔm le miawo me.

13Esi míenya be Mawu tsɔa beléle tɔxɛ na mí ta la, míawo hã míeɖea gbeƒã Kristo ame si dzi míexɔ se la kple dzideƒo, abe ale si Psalmowoŋlɔla gblɔe ene be: “Mexɔe se, eya ta meƒo nu ɖo” la, nenema ke míawo hã míexɔe se eya ta míadzudzɔ nuƒoƒo o. 14Míenya be Mawu ame si fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, afɔ míawo hã kple Kristo ɖe tsitre eye wòatsɔ mí kple miawo siaa nɛ. 15Míaƒe fukpekpe siawo katã nye viɖe geɖe na mi, eye zi ale si míeɖe gbeƒã Mawu ƒe amenuveve sia na ame geɖewo eye wokpɔ gome le eme la zi nenema ke woatsɔ kafukafu kple akpedada na Aƒetɔ la.

16Esia tae ɖeɖi metea mía ŋu o eye míana ta o. Togbɔ be míaƒe ŋutilãwo le gbɔdzɔgbɔdzɔm hã la, ŋusẽ si tso Aƒetɔ la gbɔ eye wòle mía me la, le tsitsim ɖe edzi gbe sia gbe. 17Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie. Eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe geɖe mí ɖaa tso mavɔ me yi mavɔ me. 18Susu sia tae míetsɔa nu siwo kpɔm míele fifia la dea tame o. Ke boŋ míetsɔa míaƒe susuwo gblẽna ɖe nu siwo le Aƒetɔ la gbɔ, siwo ke míekpɔ haɖe o la dzi. Elabena fukpekpewo katã nu ava yi kpuie, ke dzidzɔ si gbɔna tso Aƒetɔ gbɔ la anɔ anyi tegbee.

Copyright information for EweBEE